1 Chronicles 4:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eyae do gbe ɖa na Israel ƒe Mawu be, “Oo, yram eye nàkpe ɖe ŋunye le nye dɔwɔwɔ me. Meɖe kuku, nɔ kplim le nu sia nu si mawɔ la me eye nàɖem tso nu vɔ̃ kple dzɔgbevɔ̃e ɖe sia ɖe me.” Mawu se eƒe gbedodoɖa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yabez yɔ Israel ƒe Mawu la gblɔ bena: Ne èyram, eye nèkeke nye anyigba ɖe enu, wò asi nɔ kplim, eye neɖe dzɔgbevɔ̃ewo ɖa, ale be vevea ɖeke medzɔ ɖe dzinye o la, — tete Mawu na nusi wòbia la, va me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yabez do gbe ɖa na Israel ƒe Mawu la be: “O yram, eye nàkeke nye anyigba ɖe enu. Nɔ kplim, eye nàkpɔ tanye tso nuveviwɔame me ale be magawɔm o!” Ale Mawu na nu si wòbia lae.