1 Chronicles 4:19 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Hodia srɔ̃ nye Naham nɔvinyɔnu. Via ɖekae nye Keila, Garmitɔ la fofo; via bubue dzi Estemoa, Maakatitɔ la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Hodiya srɔ̃, si nye Naxam nɔvinyɔnu ƒe viwo nye: Garmitɔ, Kegila fofo, kple Maaxatitɔ Estemoa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Hodiya srɔ̃ Naham nɔvinyɔnu ƒe dzidzimeviwoe nye Garmitɔ si tsò Kegila kple Maxat ƒe dzidzimevi siwo nɔ Estemoa.