1 Chronicles 4:42 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le esia wɔwɔ vɔ megbe la, aʋawɔla siawo dometɔ alafa atɔ̃ tso Simeon ƒe ƒome la me yi Seir ƒe to la dzi. Woƒe kplɔlawo nye Pelatia, Nearia, Refaya kple Uziel. Wo katã wonye Isi ƒe viwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Simeon-viwo dome ame alafa atɔ̃ ho yi Seir-to dzi; woƒe tatɔwo nye Yisei viwo: Pelatya, Nearya, Refaya kple Uziel.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Simeon viwo dome ame alafa atɔ̃ yi Seir-toa gbɔ. Woƒe kplɔlawoe nye Pelatya, Nearya, Refaya kple Uziel. Wonye Yisi viwo.