1 Chronicles 5:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esiawoe nye Ruben ƒe viŋutsuwo. Ruben nye Israel ƒe ŋgɔgbevi. Togbɔ be eyae nye ŋgɔgbevi hã la, eƒo ɖi fofoa ƒe srɔ̃ɖeba eya ta woxɔ ŋgɔgbevinyenye la le esi tsɔ na Israel ƒe vi, Yosef ƒe viŋutsuwo. Esia tae womeŋlɔ eƒe ŋkɔ be eyae nye ŋgɔgbevi le dzidzimegbalẽ la me abe ale si wòle be wòanɔ ene o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Israel ŋgɔgbevi Ruben ƒe viwo; elabena eya nye ŋgɔgbea, ke esi wògblẽ kɔ ɖo na fofoa ƒe aba la, wotsɔ eƒe ŋgɔgbevinyenye na Israel vi Yosef ƒe viwo, ke ɖeko womeŋlɔ woƒe ŋkɔ ɖi abe ŋgɔgbeawo ene o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ruben, Israel ƒe ŋgɔgbevi ƒe dzidzimeviwo ƒe ŋutinya: Ruben ye nye Israel ƒe ŋgɔgbevi, ke esi wòdɔ kple tɔ́a ƒe ahiãvi ta la, woxɔ ŋgɔgbevinyenye la le esi tsɔ na Israel vi, Yosef viwo. Eya ta womexlẽ eƒe dzidzime fia ɖe eƒe ŋgɔgbevinyenye nu o.