1 Chronicles 5:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le Fia Saul ƒe fiaɖuɣi la, Ruben ƒe viwo ɖu Hagritɔwo dzi eye woge ɖe woƒe agbadɔwo me le Gilead ƒe ɣedzeƒeliƒo dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le Saul ŋɔli la wowɔ aʋa kple Hagritɔwo; eye esi wotsi wo si me la, woxɔ woƒe agbadɔwo no me le Gilead ƒe ɣedzeƒe gome katã.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le Saul ŋɔli la, Ruben-to la wɔ aʋa kple Hagritɔwo heɖu wo dzi. Ale woxɔ woƒe anyigba si le Gilead ƒe ɣedzeƒe gome la katã wòzu wo tɔ.