1 Chronicles 5:17 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Woŋlɔ wo katã ƒe ŋkɔwo ɖe dzidzimegbalẽ la me le Yuda fia Yotam kple Israel fia Yeroboam ƒe fiaɖuɣi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woŋlɔ amesiawo katã ɖi le Yuda-fia Yotam kple Israel-fia Yerobeam ŋɔli.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woŋlɔ ame siawo katã ƒe ŋkɔ ɖi le Yotam, Yuda-fia kple Yerobeam, Israel-fia ŋɔli.