1 Chronicles 5:21 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Woƒe afunyinuwo nye kposɔ akpe blaatɔ̃ (50,000), alẽ akpe alafa eve blaatɔ̃ (250,000), tedzi akpe eve (2,000) kple ame akpe alafa ɖeka (100,000).
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woha woƒe lãwo: kposɔ akpe blaatɔ̃, alẽ akpe alafa eve kple blaatɔ̃ kple tedzi akpe eve, hekpe ɖe amegbetɔ akpe alafa ɖeka ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nu siwo woha le aʋa la me la woe nye: kposɔ akpe bla atɔ̃, alẽ akpe alafa eve bla atɔ̃ kple tedzi akpe eve. Woɖe aboyo ame akpe alafa ɖeka hã.