1 Chronicles 5:26 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esia ta Israel ƒe Mawu na Asiria fia Pul (ame si wogayɔna be Fia Tilgat Pilneser Etɔ̃lia la), ho aʋa ɖe wo ŋu eye wòɖe aboyo Ruben ƒe viwo, Gad ƒe viwo kple Manase ƒe hlɔ̃ afã me tɔwo. Wokplɔ wo yi Hala, Habor, Hara kple Gozan tɔsisi la to, afi si wole va se ɖe egbe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Israel ƒe Mawu la nyɔ Asur-fia Pul ƒe gbɔgbɔ kple Asur-fia Tiglat-Pileser ƒe gbɔgbɔ de wo, eye wokplɔ Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase ƒe to afã la dzo yi Xalax, Xabor kple Hara kpakple Gozan-tɔsisi la nu vaseɖe egbe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Israel ƒe Mawu la na Asiria-fia Pul, si wogayɔna hã be Tiglat-Pileser la, tso ɖe Ruben, Gad kple Manase ƒe to afã la ŋu eye wòkplɔ wo dzo yi Xalax, Xaber kple Hara kpakple Gozan-tɔsisi la nu. Wogale afi ma va se ɖe egbe o.