1 Chronicles 7:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Tola ƒe viwoe nye: Uzi, Refaya, Yeriel, Yahmai, Ibsam kple Samuel eye wo dometɔ ɖe sia ɖe nye eƒe ƒome ƒe tatɔ. Le Fia David ŋɔli la, aʋawɔla siwo tso ƒome siawo me la de ame akpe blaeve-vɔ-eve, alafa ade (22,600).
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tola viwo nye: Uzi, Refaya, Yeriel, Yaxmai, Yibsam kple Samuel; woawo nye Tola ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwo, eye wonye ŋutsu kalẽtɔwo le woƒe ƒomeawo me. Woƒe xexlẽme de akpe blave vo eve kple alafa ade le Dawid ŋɔli.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tola viŋutsuwoe nye: Uzi, Refaya, Yeriel, Yaxmai, Yibsan kple Samuel. Ame siawoe nye Tola ƒe ƒome la ƒe tatɔwo. Wonye kalẽtɔwo le ƒomea me. Le David ŋɔli la, woƒe dzidzimeviwo ƒe xexlẽme de ame akpe bla eve vɔ eve alafa ade.