1 Chronicles 8:40 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ulam ƒe viwo nye aʋawɔla xɔŋkɔwo eye woƒe alɔ dzɔna le aŋutrɔdada me. Viŋutsu kple tɔgbuiyɔvi alafa ɖeka blaatɔ̃ (150) nɔ esi eye wo katã wonye Benyamin ƒe dzidzimeviwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ulam viwo nye ŋutsu kalẽtɔwo kple aŋutrɔdalawo, eye ŋutsuvi geɖe kple tɔgbuiyɔviwo nɔ wo si; wole ame alafa ɖeka kple blaatɔ̃. Amesiawo katã tso Benyamin viwo dome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ulam viwo nye asrafo kalẽtɔwo kple aŋutrɔdalawo. Viawo kple tɔgbuiyɔviawo sɔ gbɔ de ame alafa ɖeka bla atɔ̃. Ame siawo katã wonye Benyamin-to la me tɔwo.