1 Corinthians 1:12 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, “Nye la, Paulo tɔ menye”; bubu be, “Apoloe nye nye amegã”; ame aɖewo hã be, “Kefa ƒe ame menye”; Gawu la, ame aɖewo hã be, “Nye koe nye Kristo yomedzela vavã.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke mele esia gblɔm bena, mia dome ɖesiaɖe gblɔna bena: Nye la, Paulo to menye! Nye la, Apolo to menye! Nye la, Kefa tɔ menye! Nye la, Kristo to menye!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nu si mewɔnɛ lae nye be: wobe mia dome ame aɖewo be: “Paulo dzie mele.” Bubu ya be: “Apolo dzie mele.” Ame kemɛ be: “Kefas yome mele,” eye bubu hã be: “Kristo ƒe akpa dzie nye ya mele.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, yewo la Paulo yomedzelawo yewonye; bubuwo be Apoloe nye yewoƒe amegã. Ame aɖewo hã be Petro ƒe amewo yewonye, gawu la ame aɖewo hã be yewo koe nye Yesu Kristo yomedzela vavãwo.