1 Corinthians 1:17 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu Kristo meɖom ɖa be mava de mawutsi ta na amewo o, ke boŋ be magblɔ nyanyui la. Ke hã la, nye nyagbɔgblɔ la meɖea kpe tututu o elabena ne mele mawunya gblɔm la, nyemeɖea ami ɖe nye nyawo o elabena nyemedi be matɔtɔ ŋusẽ blibo si le Yesu ƒe atitsogaŋunya la me kple amegbetɔwo ƒe nunya o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena Kristo medɔm be, made mawutsi ta na ame o, hafi bena magblɔ nyanyuie la afia boŋ, menye le nya ƒe nunya me o, bena Kristo ƒe atitsoga la nagazu dzodzro o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Menye mawutsilele gbee Kristo ɖom ɖo o, ke boŋ be maɖe gbeƒã Nyanyui la. Womedi tso asinye hã be matsɔ nu nyui ƒoƒo ƒe aɖaŋu aɖe gbeƒã lae o, anye ne ŋusẽ aɖeke maganɔ Kristo ƒe atitsoga la ŋu o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Elabena Yesu Kristo meɖom ɖa be mava de mawutsi ta na amewo o ke boŋ be magblɔ nyanyui la. Ke hã la nye nyagblɔgblɔ la meɖea kpe tututu o elabena ne mele mawunya gblɔm la, nyemeɖea ami ɖe nye nyawo o, elabena nyemedi be matɔtɔ ŋusẽ blibo si le Yesu ƒe atitsogaŋunya la me kple amegbetɔwo ƒe nunya o.