1 Corinthians 1:2 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Na Mawu ƒe hame si le Korinto, ame siwo ŋu wokɔ le Kristo Yesu me, eye woyɔ wo be woanɔ kɔkɔe la kple ame siwo katã le xexea me godoo siwo xɔ míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi se abe woƒe Aƒetɔ ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
woŋlɔ ɖo ɖe Mawu ƒe hame, si le Korinto la, amesiwo wowɔ kokoe le Kristo Yesu me, tame kokoe, siwo woyɔ kple amesiwo katã yɔa mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi le afisiafi le wo gbɔ kple mía gbɔ la:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Míele eŋlɔm ɖo ɖe Mawu ƒe hame si le Korinto kple ame siwo ŋu wokɔ, eye wole hadede me kple Kristo Yesu la. Woyɔ mi ame siawo kple ame siwo katã subɔa mía Aƒetɔ Yesu Kristo le afi sia afi la vɛ, be miava zu ame siwo ŋuti wokɔ. Yesu siae nye mí kple woawo siaa ƒe Aƒetɔ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
na Mawu ƒe hame si le Korinto, ame siwo ŋu. wokɔ le Kristo Yesu me eye woyɔ wo be woanɔ Kɔkɔe la kpakple ame siwo katã le xexeame godoo xɔ mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi se abe wo ƒe Aƒetɔ kple mía Aƒetɔ ene.