1 Corinthians 1:26 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nɔviwo, ne mielé ŋku ɖe mia nɔewo dome la, miakpɔe be mí ame siwo le Kristo yome la, dometɔ ʋɛ aɖewo koe nye amegãwo alo ame ŋkutatɔwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena nɔviwò, mikpɔ mia yɔyɔ la ɖa bena, menye nunyala geɖewo le ŋutilã nu o, menye ŋusẽtɔ geɖewo o, menye bubume geɖewo o;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nɔviwo, mikpɔ mi ame siwo woyɔ la ɖa! Le xexea me ƒe nukpɔkpɔ nu la, nunyalawo mesɔ gbɔ le mia dome o; ŋusẽtɔwo hã mebɔ ɖe mia dome o, eye nenema ke mia dome ame geɖe hã medzɔ tso ƒome siwo ŋu bubu le la me o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nɔviwo, ne mielé ŋku ɖe mia nɔewo dome la, miakpɔe be mí ame siwo le Kristo yome la, dometɔ ʋee aɖewo koe nye amegãwo alo ame ŋkutatɔwo.