1 Corinthians 10:20 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nu si gblɔm mele boŋ lae nye be ame siwo ɖa nu na legbawo la wɔ ɖeka le gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔm, menye Mawu subɔm wole kura o. Azɔ nyemedi be miade ha kple gbɔgbɔ vɔ̃wo to trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsanu siawo ɖuɖu me o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Hafi boŋ mele gbɔgblɔm bena, nusi trɔ̃subɔlawo mèna la, gbɔgbɔ vɔ̃wo womèa wo na, eye menye Mawu o; ke nyemele didim bena, miade ha kple gbɔgbɔ vɔ̃wo o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kpao, menye nenema gblɔm mele o. Nya si gblɔm mele lae nye be nu si trɔ̃subɔlawo tsɔ sa vɔe la, gbɔgbɔ vɔ̃woe wotsɔe sa vɔe na, ke menye na Mawu o. Nyemedi be miade ha kple gbɔgbɔ vɔ̃wo o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nu si gblɔm mele boŋue nye be, ame siwo ɖa nu na legbawo la wɔ ɖeka le gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔm menye Mawu subɔm wole kura o. Azɔ nyemedi be miade ha kple gbɔgbɔ vɔ̃wo to Trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsanu siawo ɖuɖu me o.