1 Corinthians 10:27 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ne dzimaxɔsetɔ kpe mi kristotɔwo be miva ɖu nu kple ye eye wòdzro mi be miayi la, miate ŋu ayi faa. Nuɖuɖu ɖe sia ɖe si wòtsɔ ɖo mia kɔme la, miɖui eye migabia be, nu ka woɖa hã o. Mizi kpi eye miaɖu nua ekema trɔ̃wo ƒe vɔsanuɖuɖunya mava eme si aɖe fu na miaƒe dzitsinya o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke ne dzimaxɔsetɔwo dome amea ɖe kpe mi, eye mielɔ̃ be, yewoayi la, miɖu nusianu, si wotsɔ ɖo mia kɔme la, eye migabia eta se o le dzitsinya ŋuti.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne ame aɖe, si menye xɔsetɔ o, kpe mi be miva ɖu nu kple ye, eye mielɔ̃ yi la, miɖu nu sia nu si wòtsɔ ɖo mia kɔme la faa, eye migana miaƒe dzitsinya naɖe fu na mi mianɔ egɔme biam o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ne Trɔ̃subɔla aɖe kpe mi kristotɔwo be miva ɖu nu kple ye eye wò dzro mi be miayi la, miate ŋu ayi faa. Nuɖuɖu ɖe sia ɖe si wòtsɔ ɖo mia kɔme la, miɖui eye migabia be nu kae woɖa hã o. Mizi kpi eye miaɖu nua ekema trɔ̃wo ƒe vɔsanuɖuɖunya mava eme si aɖe fu na miaƒe dzitsinya o.