1 Corinthians 11:29 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Elabena ne ame aɖe ɖu abolo sia, eye wòno nu le kplu sia nu, le esime mese wɔna sia ƒe vevinyenye gɔme tututu o la, ekema ele Mawu ƒe dziku kple ʋɔnudɔdrɔ̃ hem va eɖokui dzi, elabena mebu Kristo ƒe ku la ɖe naneke me kura o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena amesi ɖunɛ alo nonɛ madzemadze la, eɖua, eye wònoa ʋɔnudɔdrɔ̃ na eɖokui, elabena mebu Aƒetɔ la ƒe ŋutilã me kpɔna o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe ame si mebua Aƒetɔ la ƒe ŋutilã ŋu kpɔna nyuie hafi ɖua aboloa, eye wònoa nu le kplu la nu o la, nu si wòɖu kple nu si wòno la, hea ʋɔnudɔdrɔ̃ vaa edzi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Elabena ne ame aɖe katse ɖu abolo sia eye wòno nu le kplu sia nu, le esime mese wɔna sia ƒe vevinyenye gɔme tututu o la, ekema ele Mawu ƒe dziku kple ʋɔnudɔdrɔ̃ hem va eɖokui dzi, elabena mebu Kristo ƒe ku la ɖe naneke me kura o.