1 Corinthians 12:10 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Enaa ŋusẽ ame aɖewo be woawɔ nukunuwo, eye wònaa nyagblɔɖi kple mawunyagbɔgblɔ ƒe ŋusẽ ame bubuwo! Enaa ŋusẽ ame aɖewo be woanya nenye gbɔgbɔ vɔ̃woe le nu ƒom to ame siwo be Mawu ƒe nya gblɔm yewole la dzi loo alo nenye Mawu ƒe Gbɔgbɔe le nu ƒom nyateƒe. Hekpe ɖe esia ŋu la, enaa ŋusẽ ame aɖe be wòate ŋu agblɔ gbe si mesrɔ̃ kpɔ o, eye wònaa ŋusẽ ame bubu siwo hã menya gbe ma o la be woase nu si gblɔm nuƒola la le gɔme.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ame bubu la nukudɔwɔwɔwo, ame bubu la nyagbɔgblɔɖi, ame bubu la gbɔgbɔwo dodokpɔ, ame bubu la gbegbɔgblɔ bubu ƒomeviwo, ame bubu la gbe bubu ƒomeviwo ƒe gɔmeɖeɖe;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gbɔgbɔ la kee naa ŋusẽ ame bubu be wòawɔ nukunuwo. Eganaa ŋusẽ ame bubu hã be wòaɖe gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi, ke enaa ŋusẽ ame bubu ya be wòanya vovototo le gbɔgbɔ vovovowo dome. Gbɔgbɔ la kee naa ŋusẽ ame bubu be wòagblɔ gbe vovovowo, eye wònaa ŋusẽ ame bubu ya be wòaɖe gbe vovovowo gɔme.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Enaa ŋusẽ ame aɖewo be woawɔ nukunuwo eye wònaa nyagblɔɖi kple mawunyagbɔgblɔ ƒe ŋusẽ ame bubuwo! Enaa ŋusẽ ame aɖewo be woanya nenye gbɔgbɔ vɔ̃woe le nu ƒom to ame siwo gblɔ be Mawu ƒe nya gblɔm yewole la dzi loo alo nenye Mawu ƒe Gbɔgbɔ le nu ƒom nyateƒe. Hekpe ɖe esia ŋu la, enaa ŋusẽ ame aɖe be wòate ŋu agblɔ gbe si mesrɔ̃ kpɔ o eye wònaa ŋusẽ ame bubuwo, ame siwo hã menya gbe ma o la, be woase nu si gblɔm nuƒola la le gɔme.