1 Corinthians 12:3 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Medi be mianya be ame sia ame si tsɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ le nu ƒom la, mate ŋu agblɔ be, “Yesu ƒe fiƒode neva dziwò” o, eye ame aɖeke mate ŋu agblɔ nyateƒetɔe be, “Yesu nye Aƒetɔ” o, negbe to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kpekpeɖeŋu me ko.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata mana mianyae bena, amesi le nu ƒom le Mawu ƒe Gbɔgbɔ me la, ɖeke megblɔa busunya ɖe Yesu ŋuti o; eye amea ɖeke mate ŋu ayɔ Yesu be Aƒetɔ o, negbe le Gbɔgbɔ kɔkɔe la me ko.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta medi be eme nekɔ na mi be ame si me Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le la mekea nu gblɔna be: “Neɖi Yesu ŋu kpékpekpe!” o, eye ame si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le la koe ate ŋu agblɔ be, “Yesue nye Aƒetɔ!”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke azɔ la, miele go dom ame aɖewo eye wole gbɔgblɔm na mi bena yewoate ŋu agblɔ nya siwo Mawu ƒe Gbɔgbɔ la gblɔ la na mi. Ale ke miawɔ anya be Mawue de nya siawo wo me loo alo alakpa dam wole? Mido wo kpɔ ale: Ame sia ame si tsɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ le nu ƒom la, mate ŋu agblɔ nya vɔ̃ aɖeke ɖe Yesu ŋu o, eye ame aɖeke mate ŋu agblɔ nyateƒetɔe be “Yesu nye Aƒetɔ” o, negbe to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kpekpeɖeŋu me ko.