1 Corinthians 12:30 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ɖe ame sia ame si xɔ amenuveve ƒe nunana ate ŋu ayɔ dɔ dɔnɔwoa? Kura o! Ɖe Mawu na ŋusẽ mía dometɔ ɖe sia ɖe be míaƒo nu le gbe siwo míesrɔ̃ kpɔ o la mea? Ɖe ame sia ame ate ŋu ase nu si gbe bubu gblɔlawo le gbɔgblɔm, eye wòaɖe egɔmea?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ã, wo katãe kpɔ dɔyɔyɔwo ƒe amenuvevenunanawoa? Ã, wo katãe gblɔa gbe bubu ƒomeviwoa? A, wo katãe ɖea nya gɔmea?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Menye ame sia amee wona dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽe o ɖe? Menye ame sia amee te ŋu gblɔa gbe vovovowo o ɖe? Menye ame sia amee te ŋu ɖea gbegbɔgblɔwo gɔme o ɖe?
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Đe ame sia amee ate ŋu ayɔ dɔ dɔnɔwoa? Kura o! Đe Mawu na ŋusẽ mía dometɔ ɖe sia ɖe be míaƒo nu le gbe siwo míesrɔ̃ kpɔ o la mea? Đe ame sia amee ate ŋu ase nu si gbe bubu gblɔlawo le gbɔgblɔm eye wòaɖe egɔmea?