1 Corinthians 12:31 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ao, ke midze agbagba be miaƒe asi nasu nunana siwo le vevie wu esiawo la dzi. Azɔ la, mina maƒo nu na mi tso mɔ bubu aɖe si nyo wu esiawo katã la ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Midi amenuvevenunana nyuitɔwo vevie, eye hekpe ɖe esia ŋuti la mafia mɔ nyuitɔ mi!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Miti amenuvevenunana siwo kɔ wu la yome. Fifia la, mafia nu si ƒo ɖe sia ɖe ta la mi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ao, ke midze agbagba be miaƒe asi nasu nunana siwo le vevie wu esiawo la, dzi. Gbã la, mina maƒo nu na mi tso nu bubu aɖe si nyo wu esiawo katã la ŋu.