1 Corinthians 13:11 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi menye ɖevi la, meƒo nu, eye mebu ta me abe ɖevi ene. Ke esi metsi la, nye susuwo tsi sãa wu nye ɖevimesusuwo, eye azɔ la meɖe asi le ɖevimenuwo ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esime menye vi la, meƒo nu abe vi ene, eye mesusu abe vi ene, eye mebu tame abe vi ene; ke esime mezu ŋutsu la, meɖe ɖevimenuwo ɖa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi menɔ ɖevime la, meƒoa nu abe ɖevi ene, mebua tame abe ɖevi ene, eye mesea nu gɔme abe ɖevi ene. Ke esi metsi zu ŋutsu la, meɖe asi le ɖevimenuwɔna ŋu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ele ale: Esi menye ɖevi la, meƒo nu eye mebu tame abe ɖevi ene. Ke esi metsi la, nye susuwo tsi sãa wu nye ɖevimesusuwo eye azɔ la meɖe asi le ɖevimenuwo ŋu.