1 Corinthians 13:12 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke azɔ la, nu siwo li la ƒe vɔvɔli ko kpɔm míele le ahuhɔ̃e me, emegbe míakpɔ nuawo ŋkume kple ŋkume. Azɔ la, menya nu afã kple afã; emegbe la, manyae blibo, abe ale si wonyam keŋkeŋkeŋ egbea ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena azɔ la míekpɔa nu le ahũhɔ̃e me le abebubu me, ke emegbe la ŋku me kple ŋku me; azɔ la medze si nu afã kple afã, ke emegbe la madze si nu keŋ, abe alesi wodze sim keŋ la ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Fifia la, míele nu kpɔm le ahũhɔ̃e me flukpee ko, ke emegbe la, míava kpɔ nu ŋkume kple ŋkume. Nu si menya fifia la, mede blibo o, ke emegbe la, mase nu sia nu gɔme keŋkeŋ, abe ale si Mawu hã nyam keŋkeŋ ene.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke azɔ la nu siwo li la ƒe vɔvɔli ko kpɔm míele, emegbe míakpɔ nuawo ŋkume kple ŋkume. Azɔ la menya nu afã kple afã emegbe la, manyae blibo, abe ale si wonyam keŋkeŋkeŋ egbea ene.