1 Corinthians 13:2 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ne nyagblɔɖi ƒe nunana le asinye, eye nunya katã hã le asinye be mate ŋu ase nu ɣaɣlawo gɔme, eye ne xɔse le asinye be maɖe gbe na towo be woaho, evɔ lɔlɔ̃ mele asinye o la, nyemenyo na naneke o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nenye ɖe nyagbɔgblɔɖi le asinye, eye menya nya ɣaɣlawo katã kple sidzedze katã, eye nenye ɖe xɔse katã le asinye, ale bena mate ŋu aɖe towo ɖa, ke lolo mele asinye o la, anye ne nyemenye naneke o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nenye ɖe mete ŋu ɖea gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi eye mese nya ɣaɣlawo katã gɔme, henya nu sia nu; alo ne xɔse deblibo le asinye, ale be mate ŋu aho towo gɔ̃ hã ɖa, ke lɔlɔ̃ mele asinye o la, ekema nyemenye naneke kura o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ne nyagblɔɖi ƒe nunana le asinye, eye nunya katã hã le asinye be mate ŋu ase nuɣaɣlawo gɔme, eye ne xɔse le asinye be maɖe gbe na towo be woaho, evɔ lɔlɔ̃ mele asinye o la, nyemenyo na naneke o.