1 Corinthians 13:8 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Lɔlɔ̃ la nu metsina gbeɖe o. Nyagblɔɖiwo katã nu ava yi, afi si aɖe yeye gbɔgblɔ le la atɔ eye afi si sidzedze le la, enu ava yi,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Lɔlɔ̃ la nu metsina gbeɖe o; Nenye nyagbɔgblɔɖiwo la, woaɖe wo ɖa, nenye gbegbɔgblɔwo la, woadzudzɔ, nenye sidzedze la, woaɖee ɖa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Lɔlɔ̃ nu metsina gbeɖe o. Ne amewo le gbeƒã ɖem Mawu ƒe gbedeasi la, enu ava yi. Ne ame aɖe ƒoa nu gblɔa gbe vovovowo la, ava dzudzɔ. Ne ame aɖe nya nu ʋuu hã la, eƒe nunya nu ava yi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Lɔlɔ̃ la nu metsina gbeɖe o. Nyagblɔɖiwo katã nu ava yi, afi si aɖeyeye gbɔgblɔ le la atɔ; eye afi si sidzedzi le la, enu ava yi.