1 Corinthians 14:15 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ekema nu ka mawɔ? Mawɔ nu eve siawo. Mado gbe ɖa kple gbɔgbɔ eye magado gbe ɖa le kple tamesusu, ale be ame sia ame nase egɔme. Madzi ha le gbe manyamanyawo me eye magadzii le gbe nyanyɛ la hã me, ale be mase kafukafuha si dzim mele la gɔme,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ la alekee? Mado gbe ɖa kple gbɔgbɔ, ke mado gbe ɖa kple tamesusu hã; madzi ha kple gbɔgbɔ, ke madzi ha kple tamesusu hã.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ, nu ka wòle be mawɔ? Mado gbe ɖa kple nye gbɔgbɔ kpakple susu siaa. Madzi ha kple nye gbɔgbɔ kpakple nye susu hã.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ekema nu ka mawɔ? Mawɔ nu eve siawo. Mado gbe ɖa le gbe manyamanyawo me eye magado gbe ɖa le gbe nyanyɛ la me ale be ame sia ame nase egɔme. Madzi ha le gbe manyamanyawo me eye magadzii le gbe nyanyɛ la hã me ale be mase kafukafuha si dzim mele la gɔme.