1 Corinthians 14:20 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nɔvi lɔlɔ̃awo; migazu abe ɖeviwo ene le nu siawo gɔmesese me o. Mizu abe ɖevi maɖifɔwo ene le ɖoɖowɔwɔ ɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu me, ke mizu ame nugɔmeselawo le nya siawo tɔgbi gɔmesese me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nɔvinyewo, migazu viwo le nyasã me o, ke mizu vidzĩewo le nu tovo wɔwɔ me boŋ, ke nyasã me la mizu ame tsitsiwo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nɔvinyewo, miganɔ tame bum abe ɖeviwo ene o. Le nuvɔ̃ɖi wɔwɔ me la, minɔ abe vidzĩwo ene baa, ke mibu tame ya abe ame tsitsiwo ene.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nɔvi lɔlɔ̃awo; migazu abe ɖeviwo ene le nu siawo gɔmesese me o. Mizu abe ɖevi maɖifɔwo ene le ɖoɖowɔwɔ ɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu me, ke mizu ŋutsu nugɔmeselawo le nya siawo tɔgbi gɔmesese me.