1 Corinthians 14:22 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale miakpɔe be nuƒoƒo le gbe bubuwo me, nye dzesi, menye Mawu ƒe ŋusẽ ɖeɖefia Mawu ƒe amewo o, ke boŋ enye ɖeɖefia na ame siwo mekpɔ ɖeɖe o. Nu si kristotɔwo hiã lae nye nyagbɔgblɔɖi si nye gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe nyateƒenya detoawo; ke dzimaxɔsetɔwo mele klalo nɛ o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata gbegbɔgblɔwo nye dzesi, menye na xɔsetɔwo o, ke na dzimaxɔsetɔwo boŋ; gake nyagbɔgblɔɖi mele na dzimaxɔsetɔwo o, ke na xɔsetɔwo boŋ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale nuƒoƒo ɖe gbe si ame aɖeke mese o la me nye nu tɔxɛ le ame siwo menye xɔsetɔwo o la gbɔ, ke menye le xɔsetɔwo gbɔ o. Evɔ la, gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe gbedeasi ya nye xɔsetɔwo ƒe nuwɔna, ke menye ame siwo menye xɔsetɔwo o la tɔ o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ale miakpɔe be “nuƒoƒo le gbe bubuwo me” menye Mawu ƒe ŋusẽ ɖeɖefia Mawu ƒe amewo o, ke boŋ enye ɖeɖefia na ame siwo mekpɔ ɖeɖe o. Nu si kristotɔwo hiã lae nye nyagbɔgblɔɖi si nye gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe nyateƒenya detoawo; ke dzimaxɔsetɔwo mele klalo nɛ o.