1 Corinthians 14:24 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke ne mi katã miegblɔ nya ɖi, eye miegblɔ Mawu ƒe nya la, togbɔ be xɔsetɔwoe miegblɔa nya siawo na hã la, ame aɖe si mekpɔ ɖeɖe o alo kristotɔ yeye aɖe si va, eye mese nu siawo gɔme o la, nyagbɔgblɔ siawo katã ana wòadze sii be nu vɔ̃ wɔla yenye. Ekema nya sia nya si wòase la awɔ dɔ ɖe eƒe dzitsinya dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke nenye wo katã gblɔa nya ɖi, eye dzimaxɔsetɔ alo numanyamanyatɔa ɖe va ge ɖe eme la, wo katã woaƒo nya ɖe enu wòagloe, eye wo katã woadrɔ̃ ʋɔnui,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke ne mi katã miele gbeƒã ɖem Mawu ƒe gbedeasi, eye ame si mele hamea me o, alo menye xɔsetɔ o la va ge ɖe eme la, ase nya aɖe godoo wòawɔ dɔ ɖe edzi, eye wòayi eɖokui me. Atsɔ nya si wòse la adrɔ̃ ʋɔnu eɖokui,
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke ne mi katã miegblɔ nya ɖi eye miegblɔ Mawu ƒe nya la, togbɔ be xɔsetɔwoe miegblɔna nya siawo na hã la, ame aɖe si mekpɔ ɖeɖe o, alo kristotɔ yeye aɖe si va eye mese nu siawo gɔme o la, nyagbɔgblɔ siawo katã ana wòadze sii be nu vɔ̃ wɔla yenye. Ekema nya sia nya si wòase la, awɔ dɔ ɖe eƒe dzitsinya dzi.