1 Corinthians 14:26 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ la nɔviwo, nu kae míagagblɔ? Ne miekpe ta la, ame aɖewo adzi ha, ame bubu aɖe afia nu alo agblɔ gbedeasi tɔxɛ aɖe si Mawu nae alo agblɔ nya le gbe manyamanya aɖe me alo aɖe nya si ame bubu aɖe le gbɔgblɔm le gbe manyamanya aɖe me la gɔme. Ke ele be nu sia nu si woawɔ la nanye viɖe na ame sia ame, eye wòatu wo ɖo ɖe Aƒetɔ la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ la alekee, nɔviwò? Ne mieva kpe ta la, hadzidzi kple nufiafia kple gbegbɔgblɔ kple nyaɖeɖefia kple gɔmeɖeɖe le mia dome amesiame si; woawo nuwo katã hena ŋgɔgbedede!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nɔvinyewo, azɔ nu ka wòle be míawɔ? Ne mieva kpe ta be yewoasubɔ Mawu la, anɔ eme be hadzidzi aɖe, nufiamenya aɖe, nyaɖeɖefia aɖe, nuƒoƒo ɖe gbe si ame aɖeke mese o la me, alo nyagɔmeɖeɖe anɔ ame aɖe si. Mikpɔ egbɔ be nu sia nu si yewowɔ la na hamea tsi ɖe edzi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Enyo nɔvinyewo, mina míalé nya siwo katã gblɔm mele la nu aƒo ƒui azɔ. Ne miekpe ta la, ame aɖewo adzi ha, ame bubu aɖe afia nu alo agblɔ gbedeasi tɔxɛ aɖe si Mawu nɛ alo agblɔ nya le gbe manyamanya aɖe me, alo aɖe nya si ame bubu aɖe le gbɔgblɔm le gbe manyamanya aɖe me la gɔme. Ke ele be nu sia nu si woawɔ la nanye viɖe na ame sia ame eye wòatu wo ɖo ɖe Aƒetɔ la me.