1 Corinthians 14:31 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale ame siwo katã si nyagbɔgblɔɖi ƒe nunana le la ate ŋu aƒo nu ɖekaɖeka, eye ame sia ame nasrɔ̃ nu, eye nu si wòsrɔ̃ la nade dzi ƒo nɛ, eye wòakpe ɖe eŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena mi katã miate ŋu agble nya ɖi ɖekaɖeka, bene wo katã nasrɔ̃ nu, eye woaxlɔ̃ nu wo katã.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mɔɖeɖe li be mi katã miaɖe gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi, ame ɖeka neƒo nu vɔ hafi nɔvia naƒoe, bene ame sia ame nate ŋu asrɔ̃ nane, ale be nu si wòse la, nado ŋusẽe.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ale ame siwo katã si nyagbɔgblɔɖi ƒe nunana le la ate ŋu aƒo nu ɖekaɖeka eye ame sia ame nasrɔ̃ nu eye nu si wòsrɔ̃ la nade dzi ƒo nɛ eye wòakpe ɖe eŋu.