1 Corinthians 14:35 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ne nya aɖe le wo si woabia la, woabia wo srɔ̃wo le aƒe me, elabena mesɔ be nyɔnuwo naɖe woƒe susuwo afia le hamea ƒe takpekpewo me o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke ne wole didim be, yewoasrɔ̃ nane ta, mina woabia woawo ŋutɔ srɔ̃wo le aƒe me, elabena medze nyɔnuwo bena, woaƒo nu le takpekpe me o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne wodi be yewoanya nane la, wonebia wo srɔ̃wo le aƒeme, elabe enye ŋukpenanu be nyɔnu naƒo nu le sɔleme.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ne nya aɖe le wo si woabia la, woabia wo srɔ̃wo le aƒe me elabena mesɔ be nyɔnuwo naɖe woƒe susuwo afia le hamea ƒe takpekpewo me o.