1 Corinthians 14:5 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Madi be “gbe bubuwo gbɔgblɔ” ƒe nunana nanɔ mia dometɔ ɖe sia ɖe si, ke nu si wu esiae nye be mi katã miate ŋu agblɔ nya ɖi, agblɔ Mawu ƒe nya, elabena esia nye ŋusẽ gã kple ŋusẽ si ŋu viɖe le wu be woagblɔ gbe manyamanyawo, negbe ne miate ŋu aɖe nya siwo miegblɔ la gɔme na amewo emegbe, ale be hame la nakpɔ ŋgɔdede.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke mele didim bena, mi katã miatso gbegbɔgblɔwo aƒo nu; ke mele didim wu be, miagblɔ nya ɖi; elabena amesi gblɔa nya ɖi la, ewu amesi tsoa gbegbɔgblɔwo ƒoa nu la sa, negbe ɖeko wòaɖe egɔme, bene hame la nakpe ŋgɔgbedede.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Edzrom be mi katã miaƒo nu ɖe gbe si ke ame aɖeke mese o la me; ke edzrom wu sãa be miaɖe gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi la. Ame si ɖea gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi de ŋgɔ sãa wu ame si ke ƒoa nu ɖe gbe si ke ame aɖeke mese o la me. Le ame sia gome la, ele be gbesela aɖe naɖe nu si gblɔm wòle la gɔme hafi eƒe nya la nado hame la ɖe ŋgɔ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Madi be “gbe bubuwo gbɔgblɔ” ƒe nunana nanɔ mia dometɔ ɖe sia ɖe si, ke nu si wu esiae nye madi be mi katã miate ŋu agblɔ nya ɖi, agblɔ Mawu ƒe nya elabena esia nye ŋusẽ gã kple ŋusẽ si ŋu viɖe le wu woagblɔ gbe manyamanyawo, negbe ne miate ŋu aɖe nya siwo miegblɔ la gɔme na amewo emegbe ale be woawo hã nakpɔ viɖe aɖe tso wo me.