1 Corinthians 14:6 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nɔvi lɔlɔ̃awo, ne nye ŋutɔ mava aƒo nu na mi le gbe si mienya o me la, viɖe ka wòanye na mi? Ke ne magblɔ nu si Mawu ɖe fiam kple nu siwo menya kple nu siwo le eme va ge kple Mawu ƒe nya si nye nyateƒe la, nu siawoe miehiã eye woawoe akpe ɖe mia ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke azɔ la, nɔviwò, nenye ɖe meva mia gbɔ tsɔ gbegbɔgblɔwo le nu ƒom la, viɖe ka wòanye na mi, ne menye ɖe maƒo nu na mi le nyaɖeɖefia me alo sidzedze me alo nyagbɔgblɔɖi me alo nufiafia me o mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nɔvinyewo, nenye be meva mia gbɔ hele nu ƒom ɖe gbe si ke ame aɖeke mese o me la, esia aɖe vi aɖe na mia? Ke nenye be mehe nyaɖeɖefia aɖe, alo nunya aɖe, alo Mawu ƒe gbedeasi aɖe, alo nufiafia aɖe ya vɛ la, nye vava aɖe vi godoo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, ne nye ŋutɔ mava aƒo nu na mi le gbe si mienya o me la, viɖe ka wòanye na mi? Ke ne magblɔ nu si Mawu ɖe fiam, kple nu siwo menya, kple nu siwo le eme va ge kpakple Mawu ƒe nya si nye nyateƒea la, nu siawoe miehiã eye woawoe akpe ɖe mia ŋu.