1 Corinthians 14:9 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nenema ke, ne ègblɔ nya na ame aɖe le gbe si menya o me la, aleke wòawɔ hafi anya nya si gblɔm nèle? Asɔ kple nànɔ nu ƒom le xɔ si me ame aɖeke mele o la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nenema ke miawo hã, ne mietso aɖe gblɔ nya, si me mekɔ o la, aleke woadze si nusi miegblɔ la? Elabena mianye amesiwo le nu ƒom ɖe ya me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nenema tututue miawo hã miewɔna: ne miele gbe si ke me ame aɖeke mese o la dom nyamanyama, eye nyaawo hã me meɖe nyuie o ɖe, ale ke ame aɖe ate ŋu anya nu si gblɔm miele la? Nu ko wònye minɔa ƒoƒom ɖe ya me dzro.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nenema ke ne ègblɔ nya na ame aɖe le gbe si menya o me la, ale ke wòawɔ hafi anya nya si gblɔm nèle? Asɔ kple nãnɔ nu ƒom le xɔ si me ame aɖeke mele o la me.