1 Corinthians 15:10 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke nu sia nu si menye fifia la tso Mawu ƒe dɔmenyo kple amenuveve si tɔgbi wòkɔ ɖe dzinye la gbɔ, eye menye dzodzroe o. Elabena mewɔ dɔ sesĩe wu apostolo bubuawo katã, evɔ le nyateƒe me la, menye nyee le ewɔm o, ke Mawue le ewɔm le menye, be yeayram.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Mawu ƒe amenuveve la ŋuti mezu nusi menye, eye eƒe amenuveve, si wotsɔ ve nunye la, menye dzodzro o, elabena medze agbagba geɖe wu wo katã; ke menye nyee o, hafi Mawu ƒe amenuveve, si le kpakplim la boŋ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Mawu ve nunye meva zu nu si menye, eye ale si wòve nunyee la, mezu dzodzro o. Ke boŋ meva wɔ dɔ wu amedɔdɔawo dometɔ ɖe sia ɖe. Le nyateƒe me la, menye nye ŋutɔe wɔ dɔa o, Mawue ve nunye.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006