1 Corinthians 15:32 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nenye ame ƒe susu nue mewɔ avu kple lã wɔadã mawo le Efeso la, ekema viɖe ka wònye nam? Ne womefɔ ame kukuwo ɖe tsitre o la, “Ekema anyo be míaɖu nu, ano nu eye míakpɔ dzidzɔ, elabena etsɔ míaku eye nu sia nu ase afi ma.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nenye ame ƒe susu nue mewo aʋa kple lã wɔadãwo le Efeso la, ekema viɖe ka wònye nam? Ne womefɔ ame kukuwo ɖe tsitre o la, ekema „minɛ míaɖu nu, eye miano nu, elabena etso miele kuku ge!“
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nenye be le amegbetɔ ƒe nuƒo nu, mewɔ avu kple “lã wɔadãwo” le Efeso la, viɖe kae le eme nam? Ne womele ame kukuwo fɔ ge ɖe tsitre o la, ekema nya si wogblɔna be: “Mina míaɖu nu, ano nu, elabe etsɔ ko míele kuku ge!” la, le eteƒe.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eye viɖe kae le avuwɔwɔ kple lã wɔadã mawo, Efesotɔwo, me ne wòanye ɖe viɖe si makpɔ le agbe sia me le anyigba sia dzi ta ko? Ne míaganɔ agbe le ku megbe o la, ekema anyo be míaɖu nu, ano nu eye míakpɔ dzidzɔ, elabena etsɔ míaku eye nu sia nu ase afi ma.