1 Corinthians 15:37 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eye ne nuku la mie la, nu miemie la toa vovo sãa tso nuku si mieƒã gbã la gbɔ. Nu si miede to me la nye bliku sue aɖe ko alo nuku bubu aɖe si mieƒã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nusi nèƒãna la, menye nɔnɔme blibo, si le dzɔdzɔ ge lae nèƒã o, hafi nuku gbɔloa ɖe, eɖanye bli alo nu mamleawo dometɔa ɖe o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Menye nu si le tsitsi ge la ƒomevie nèƒãna o, ke boŋ eƒe ku sue aɖe, abe bliku alo ati bubu aɖe ƒe ku enee.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eye ne nuku la mie la, nu miemie la toa vovo sãa tsoa nuku si mieƒã gbã la gbɔ. Nu si miede tome la nye bliku ƒuƒu sue aɖe ko alo nuku bubu aɖe si mieƒã.

Recommended Reading