1 Corinthians 15:39 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Abe ale si nuku kple ati ƒomevi vovowo li ene la, nenema kee ŋutilã ƒomevi vovovowo hã li. Amegbetɔwo, lãwo, tɔmelãwo kple xeviwo ƒe ŋutilãwo to vovo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Menye lãwo katãe nye lã ɖeka ƒomevi o: ke amegbetɔwo ƒe lã le vovo, lãfɔnewo ƒe lã le vovo, tɔmelãwo ƒe lã le vovo, xeviwo ƒe lã le vovo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ŋutilãwo katã mesɔ o; amegbetɔ ƒe ŋutilã li, nenema ke lãfɔnewo, xewo kple tɔmelãwo hã tɔ li, ɖe sia ɖe kple etɔ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Abe ale si nuku kple ati ƒomevi vovowo li ene la, nenema kee ŋutilã ƒomevi vovovowo hã li. Amegbetɔwo, lãwo, tɔmelãwo kple xeviwo ƒe ŋutilãwo to vovo.