1 Corinthians 15:40 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nuwɔwɔ siwo le dziƒo la ƒe nɔnɔme to vovo sãa tso esiwo le anyigbadzitɔ gbɔ. Nenema ke woƒe nyonyo kple ŋutikɔkɔe hã to vovo tso mia tɔ gbɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye dziƒoŋutilãwo li, eye anyigba dzi ŋutilãwo hã li; gake dziƒotɔwo ƒe ŋutikɔkɔe le vovo, eye anyigbadzitɔwo tɔ le vovo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Dziƒonuwo ƒe ŋutilã li, eye anyigbadzinuwo tɔ hã li. Ke dziƒonuwo ƒe ŋutikɔkɔe kple ale si wonyakpɔnae la, to vovo tso anyigbadzinuwo tɔ gbɔ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nuwɔwɔ siwo le dziƒo la ƒe nɔnɔme to vovo sãa tso esiwo le anyigba dzi tɔ gbɔ. Nenema kee, woƒe nyonyo kple ŋutikɔkɔe hã to vovo tso mia tɔ gbɔe.