1 Corinthians 15:43 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ŋutilã siwo nye mía tɔ fifia la ɖea fu na mí elabena woléa dɔ, eye wokuna, ke ŋutikɔkɔe ayɔ wo me ne míeva tsi tsitre. Ɛ̃, wonye ŋutilã siwo gbɔdzɔna, eye wokuna fifia, ke ne míeva tsi tsitre la, ŋusẽ ayɔ wo me fũu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
woƒãɛ nu le bubu makpɔmakpɔe me, eye woafɔe ɖe tsitre le ŋutikɔkɔe me: woƒãa nu le gbɔdzɔgbɔdzɔ me, eye woafɔe ɖe tsitre le ŋusẽ me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Hafi woaɖi ŋutilã la, menyakpɔna o, eye ŋusẽ hã menɔa eŋu o. Evɔ ne wofɔe ɖe tsitre la, enyakpɔna ŋutɔ, eye ŋusẽ hã nɔa eŋu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ŋutilã siwo nye mía tɔ fifia la ɖea fu na mí elabena woléa dɔ eye wokuna, ke ŋutikɔkɔe ayɔ wo me ne míeva tsi tsitre. Ẽ, wonye ŋutilã siwo gbɔdzɔna eye wokuna fifia, ke ne míeva tsi tsitre la, ŋusẽ ayɔ wo me fũ.