1 Corinthians 15:50 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nɔvinyewo, megblɔ esia na mi: Anyigbadziŋutilã si nye lã kple ʋu la, mate ŋu ayi mawufiaɖuƒe la me o. Míaƒe ŋutilã siwo gblẽna la menye ŋutilã nyuitɔ siwo anɔ agbe tegbee o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke mele esia gblɔm, nɔviwo, bena ŋutilã kple ʋu mate ŋu anyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o, eye gbegblẽ mate ŋu anyi magblẽmagblẽ ƒe dome o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nɔvinyewo, nu si gblɔm mele lae nye be ŋutilã kple ʋu mate ŋu akpɔ gome le Mawu ƒe fiaɖuɖu la me o, eye nu si gblẽna la mate ŋu anyi nu si megblẽna o la ƒe dome o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nɔvinyewo, megblɔ esia na mi: Anyigbadziŋutilã si nye lã kple ʋu la, mate ŋu ayi Mawu ƒe fiaɖuƒe la me o. Míaƒe ŋutilã siwo gblẽna la menye ŋutilã nyuitɔ siwo anɔ agbe tegbee o.