1 Corinthians 15:52 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nu siawo katã ava eme le aɖabaƒoƒo ɖeka me ne woku kpẽ mamlɛtɔ. Elabena woaku kpẽ aɖe tso dziŋgɔlĩ me eye kristotɔ siwo katã ku la atsi tsitre enumake kple ŋutilã yeye siwo maku akpɔ o eye mí ame siwo gale agbe la, woana ŋutilã yeyewo míawo hã enumake.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
kasia le aɖabaƒoƒo ɖeka me, le kpẽkuku mamlea me; elabena woaku kpẽ, eye woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre magblẽmagblẽ, eye míawo la woatrɔ miaƒe nɔnɔme.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
zi ɖeka ne kpẽ mamlɛtɔ ɖi. Ne kpẽa ɖi la, woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre, woazu nu magblemagblẽ, eye Mawu atrɔ míaƒe nɔnɔme.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nu siawo katã ava eme le aɖabaƒoƒo ɖeka me ne woaku kpẽ mamlɛtɔ. Elabena woaku kpẽ aɖe tso dziŋgɔli me eye kristotɔ siwo katã ku la atsi tsitre enumake kple ŋutilã yeye siwo maku akpɔ o, eye mí ame siwo gale agbe la, woana ŋutilã yeyewo míawo hã enumake.