1 Corinthians 15:58 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, esi kakaɖedzi li be míava ɖu dzi ta la, misẽ ŋu, eye minɔ te. Mina miaƒe dɔwɔwɔ le Aƒetɔ la me nagbã go ɖaa, elabena mienya be nu sia nu si miawɔ na Aƒetɔa la mazu dzodzro akpɔ abe ale si wòanɔ ne tsitretsitsi aɖeke meli ene o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata, nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, minɔ te sesĩe, maʋãmaʋã, eye migba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me, esi mienyae bena, miaƒe agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o ŋuti la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta, nɔvinyewo, minɔ te sesĩe, eye migaʋã kura o. Mido vevie ne miawɔ Aƒetɔ la ƒe dɔ ɖaa. Miɖo ŋui be dɔ siwo katã miewɔna na Aƒetɔa la ƒe ɖeke mezua dɔ vlo gbeɖe o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, esi kakaɖedzi li be míava ɖu dzi ta la, misẽ ŋu eye minɔ te. Mina miaƒe dɔwɔwɔ le Aƒetɔ la me nagbã go ɖaa si; elabena mienya bena nu sia nu si miawɔ na Aƒetɔ la la, mazu dzodzro akpɔ abe ale si wòanɔ ne tsitretsitsi aɖeke meli ene o.