1 Corinthians 2:14 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eya ta ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ mele ame aɖe me o la, mate ŋu ase Mawu ƒe nya siawo gɔme o, eye maxɔ wo dzi ase hã o. Nya siawo katã aɖi bometsinya le to me na ame sia tɔgbi elabena ame siwo me Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le la koe ate ŋu ase nya si gblɔm Gbɔgbɔ la le la gɔme.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke dzɔdzɔmeme mexɔa Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ƒe nuwo o, elabena wonye bometsinuwo nɛ, eye mate ŋu adze sii o, elabena Gbɔgbɔ wotsɔna kpɔa eme.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame si me Gbɔgbɔ la mele o la, mete ŋu xɔa Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ƒe nunanawo o. Movinyawo ko woɖina nɛ. Mate ŋu ase wo gɔme hã o, elabe ame si me Gbɔgbɔ la le la koe anya be nu vevi wonye.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eya ta ne ame aɖe mexɔ Kristo ƒe Gbɔgbɔ o la mate ŋu ase Mawu ƒe nya siawo gɔme o eye maxɔ wo dzi ase hã o, elabena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔe le nya siawo gblɔm. Nya siawo katã aɖi bometsinya le tome na ame sia tɔgbi elabena ame siwo me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le la koe ate ŋu ase nya si gblɔm Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le la gɔme, ame bubu aɖeke mate ŋu ase egɔme o.