1 Corinthians 2:7 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nya siwo míegblɔna la tso Mawu ŋutɔ gbɔ, eya ta wonye nya siwo gɔmesese blibo li na, eye woɖe Mawu ƒe ɖoɖo tɔxɛ si wòwɔ be yeana míakpɔ dzidzɔ la fia. Togbɔ be wowɔ ɖoɖo sia da ɖi hena míaƒe viɖekpɔkpɔ hafi xexea me va dzɔ hã la, enɔ ɣaɣla ɖe mía tɔgbuiwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ke boŋ míegblɔa Mawu ƒe nunya, si le ɣaɣla la, le nya ɣaɣla me, nunya, si Mawu ɖo anyi, hafi woɖo xexeme gome anyi hena miaƒe ŋutikɔkɔe la,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke nunya si ŋu míeƒoa nu le la wotsyɔ nu edzi, heɣlae ɖe Mawu me. Mawu da asi ɖe edzi hafi xexea me va dzɔ, be woato nunya sia dzi ado mí ɖe dzi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nya siwo míegblɔna la tso Mawu ŋutɔ gbɔ, eya ta wonye nya siwo gɔmesese blibo li na eye woɖe Mawu ƒe ɖoɖo tɔxɛ si wowɔ be yeana míakpɔ dzidzɔ la fia. Togbɔ be wowɔ ɖoɖo sia da ɖi hena míaƒe viɖekpɔkpɔ hafi xexeame va dzɔ hã la, enɔ ɣaɣla ɖe mía tɔgbuiwo.