1 Corinthians 3:4 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mikpɔ ɖa, mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, “Míawoe nye Paulo ƒe amewo,” bubuwo hã be, “Míawoe nye Apolo yomedzelawo,” ke ɖe miaƒe nuwɔna sia mesɔ kple ŋutilãmenɔnɔ tɔ oa?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena ne ame ɖeka gblɔ be: Nye la Paulo tɔ menye, eye ame bubu gblɔ be: Nye la Apolo tɔ menye la, alo ɖe míenye ŋutilãmemewo oa?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne ame aɖe be: “Paulo tɔe menye,” eye bubu hã be: “Apolo dzie mele” la, ɖe menye ame siwo meli ke o la ko mieganye oa?
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mikpɔ ɖa, mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be yewoe nye Paulo ƒe amewo, bubuwo hã be yewoe nye Apolo yomedzelawo, ale miema Kristo ƒe ha la ɖe akpa eve me. Đe miaƒe nuwɔna sia mesɔ kple Trɔ̃subɔlawo tɔ oa?