1 Corinthians 4:8 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nu sia nu su mia si xoxo! Miezu kesinɔtɔwo xoxo! Miezu fiawo xoxo míawo manɔmee. Ne ɖe mienye fiawo xoxo la, adzɔ dzi nam ŋutɔ be míawo hã míanye fiawo kpli mi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Míeɖi ƒo xoxo, míezu kesinɔtɔwo xoxo, miegblẽa mi ɖi ɖua fia; ɖe miaɖu fia gɔ̃, bene miawo hã míaɖu fia kpakpli mi la, ne anyo!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ã, ɖe mieɖi ƒo xoxoa? Miezu kesinɔtɔwo vɔa? Fia hã ɖum miele míawo manɔmea? Fiae mianɔ ɖuɖum pɛ, ne míawo hã míaɖui kpli mi hafi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Edze nam abe miebuna be yewoƒe asi su gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo hiã mi la katã dzi xoxo ene. Miewɔ mia ɖokuiwo abe ame siwo naneke megahiã o, ame siwo ɖi ƒo le gbɔgbɔ me la ene. Ẽ, miezu abe fia gã hotsuitɔ siwo bɔbɔ nɔ woƒe fiazikpuiwo dzi hele mí ame mamlɛawo kpɔm ɖo ɖa ene! Nenye ɖe miezu fiawo vavã eye miebɔbɔ nɔ miaƒe fiazikpuiwo dzi la, anye ne enyo ŋutɔ hafi. Elabena ne ɣeyiɣi sia ɖo la, miakpɔe be míawo hã míabɔbɔ nɔ míaƒe fiazikpuiwo dzi aɖu fia kpli mi.