1 Corinthians 6:12 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, “Mɔɖeɖe li be míate ŋu awɔ nu sia nu faa” ne Aƒetɔ Yesu mede se tɔxɛ aɖeke ɖe wo ŋu o. Esia anya nɔ eme alea gake menye nu sia nu wɔwɔe nyona na ame o. Ame ate ŋu awɔ nu sia nu faa ne mɔɖeɖe li gake menyo be ame nazu kluvi na naneke kura o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woɖe nuwo katã ƒe mɔ nam, ke menye nuwo katãe nyona na ame o. Woɖe nuwo katã ƒe mɔ nam, ke menye nyee le nana ge nane nakpɔ ŋusẽ ɖe dzinye o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wogblɔna be: “Woɖe mɔ nam be mawɔ nu sia nu.” Ke menye nu sia nu wɔwɔe nyo na ame o. Wonyagblɔna be, “Woɖe mɔ nam be mawɔ nu sia nu” baa, ke nyemele mɔ na ge be naneke naɖu dzinye o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, mɔɖeɖe li be yewoate ŋu awɔ nu sia nu faa, ne Aƒetɔ Yesu mede se tɔxɛ aɖeke ɖe wo nu o. Esia anya nɔ eme alea, gake menye nu sia nu wɔwɔe nyona na ame o. Ame ate ŋu awɔ nu sia nu faa ne mɔɖeɖe li, gake menyo be ame nazu kluvi na naneke kura o.