1 Corinthians 6:13 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mia dometɔ aɖewo hã be ele eme be, “Mawu wɔ ƒodo na mí be míaɖu nu” gake menye esia ta wòle be ame naɖu nutsu o. Le nyateƒe me la, miganɔ bubum be nuɖuɖu le vevie akpa o elabena gbe ɖeka la, Mawu le nuɖuɖu kple míaƒe ƒodowo siaa ɖe ge ɖa. Medi be mianya nyuie hã be ahasiwɔwɔ menyo le mɔ aɖeke nu o. Menye esia ta wowɔ míaƒe ŋutilã sia ɖo o, ke boŋ ɖe wowɔe na Aƒetɔ la eye enye Aƒetɔ la ƒe didi vevie be ye ŋutɔ yeava nɔ miaƒe ŋutilãwo me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nuɖuɖu li na ƒodo, eye ƒodo hã li na nuɖuɖu; gake Mawu aɖe esia kple ekeme siaa ɖa. Ke ŋutilã meli na ahasiwɔwɔ o, hafi Aƒetɔ la tɔe, eye Aƒetɔ la hã ŋutilã tɔe boŋ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wogagblɔna hã be, “Ɖe wowɔ nuɖuɖu be woaɖu ɖe ƒodo me. Nenema ke ɖe wowɔ ƒodo be woaɖu nu ɖe eme.” Ke Mawu gbɔna wo kple eve la siaa ɖe ge ɖa. Womewɔ ŋutilã be woatsɔe awɔ ahasii o, ke boŋ ɖe wowɔe be wòanye Aƒetɔ la tɔ, eye Aƒetɔ la hã nanye ŋutilã la tɔ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ele eme be Mawu wɔ ƒodo na mí be míaɖu nu, gake menye esia tae wòle be ame naɖu nutsu o. Le nyateƒe me la, miganɔ bubum be nuɖuɖu le vevie akpa o, elabena gbe ɖeka la, Mawu le nuɖuɖu kple míaƒe ƒodowo siaa ɖe ge ɖa. Medi be mianya nyuie hã be, ahasiwɔwɔ menyo le mɔ aɖeke nu o. Menye esia tae wowɔ míaƒe ŋutilã sia ɖo o, ke boŋ ɖe wowɔe na Aƒetɔ la, eye enye Aƒetɔ la ƒe didi vevie be ye ŋutɔ yeava nɔ miaƒe ŋutilãwo me.